John 10

Lododo tso alẽkpo la ŋu

1“Nyateƒe wònye mele gbɔgblɔm na mi be ame si megena ɖe alẽkpoa me to agboa nu o, ke boŋ wòyina ɖaliana to afi bubu hafi gena ɖe eme la, eyae nye fiafitɔ kple adzodala. 2Ke ame si to agboa nu gena ɖe eme la eyae nye alẽawo ƒe kplɔla. 3Agbonudzɔla ʋua agbo la na eya amea eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe. 4Edzea ŋgɔ na alẽawo eye wokplɔnɛ ɖo elabena wodea dzesi eƒe gbe. 5Womadze ame tutɔ yome o ke boŋ woasi le egbɔ elebena womede dzesi eƒe gbe o.” 6Yesu do lo sia na wo gake womese nu si gblɔm wòle na wo la gɔme o.

Yesue nye alẽkplɔla nyui la

7Eya ta Yesu gagblɔ na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, nyee nye agbo na alẽawo. 8Eye ame siwo katã va do ŋgɔ nam la, alẽawo meɖo to wo o, elabena fiafitɔwo kple adzodalawoe wonye. 9Esi wònye be nyee nye Agboa ta la, ame siwo katã to Agboa nu la akpɔ ɖeɖe. Woado go ayi aɖaɖu gbe damawo eye woagagbɔ va to Agbo la nu age ɖe alẽkpoa me. 10Fiafitɔ la ƒe taɖodzinue nye be yeafi fi, awu ame, agblẽ nu. Ke nye ya ɖe meva be mana agbe si de blibo amewo.

11“Nyee nye Alẽkplɔla Nyui la, elabena, metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta. 12Ke apavi si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la meléa be na wo o. Ne ekpɔ amegaxi wògbɔna la, esina elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegãxi la dzea alẽawo dzi hevuvua ɖewo, eye mamlɛawo kakana gbe. 13Apavi la sina elabena ɖe ko wodɔe be wòakpɔ alẽawo dzi ke eƒe dzi meku ɖe wo ŋu o.

14“Nyee nye Alẽkplɔla Nyui la. Menya nye alẽwo eye nye alẽwo hã nyam, 15abe ale si Fofonye nyam ene la, nenema kee nye hã menya Fofonyee, eye metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta. 16Alẽha bubuwo hã le asinye siwo wòle be makplɔ va gbɔnyee bena woase nye gbe, eye wo katã woanye alẽha ɖeka anɔ Kplɔla ɖeka te.

17“Fofo la lɔ̃m ŋutɔ elabena metsɔ nye agbe na ɖe amewo ta bena magaxɔe emegbe. Ame aɖeke mate ŋu aɖem ɖa ne nyemena mɔ o. 18Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe na elabena ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe ana eye ŋusẽ le asinye be magaxɔe. Mɔnukpɔkpɔ siae Fofo la tsɔ nam.”

19Yesu ƒe nya siawo gahe mama de Yudatɔwo ƒe dumemegãwo dome elabena ame aɖewo xɔ eƒe nyawo dzi se eye ɖewo hã mexɔe se o. 20Ame siwo mexɔe se o la gblɔ be, “Ame sia la gbɔgbɔ vɔ̃e le fu ɖem nɛ, ne menye nenema o la, ekema ele tsu kum eya ta migaɖo toe o.”

21Ame bubuwo hã gblɔ be, “Ame sia ƒe nuƒo kple nuwɔnawo medze abe ame si gbɔgbɔ vɔ̃ le fu ɖem na la ene o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋku na ame siwo ƒe ŋku gbã?”

Yudatɔwo ƒe dzimaxɔse

22Tete gbedoxɔ Ŋutikɔkɔŋkekenyui ɖo le Yerusalem. Enye vuvɔŋɔlĩ, 23eye Yesu nɔ gbedoxɔ la me nɔ zɔzɔm le teƒe si woyɔna be Salomo ƒe Akpata. 24Yudatɔwo ƒo xlãe eye wogblɔ nɛ be, “Ɣekayie nàna miatsi dzimaɖi se ɖo? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.”

25Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi xoxo, gake miexɔe se o. Nukunu siwo wɔm mele le fofonye ƒe ŋkɔ me la hã le ɖase ɖim le ŋunye. 26Gake miele exɔm se o elabena miele nye alẽhawo dome o. 27Nye la, menya nye alẽwo eye woawo hã dze si nye gbe, eye wodzea yonyeme. 28Mena agbe mavɔ nye alẽawo ale be womatsrɔ̃ akpɔ o. Ame aɖeke hã mate ŋu axɔ wo le asinye akpasesẽtɔe o 29elabena Fofonyee tsɔ wo nam eye Fofonyea sẽ wu ame sia ame. Ale ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le esi sesẽtɔe o. 30Mí kple Fofonye la ame ɖekae míenye.”

31Esi Yesu gblɔ alea la, Yudatɔwo ƒe dumemegãwo tsɔ kpe be yewoaƒui.

32Gake Yesu gblɔ na wo be, “Mawu ŋutɔ ɖo nukunu siawo katã ɖi be mawɔ ne amewo nakpɔ ɖeɖe. Ke dɔ nyui siawo dometɔ ka tae miedi be yewoawum ɖo?”

33Woɖo eŋu nɛ be, “Menye dɔ nyui siwo nèwɔ tae miedi be miawu wò o, ke boŋ busunya siwo gblɔm nèle la tae. Ale ke wò amegbetɔ nàtsɔ ɖokuiwò awɔ Mawui?”

34Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖe miaƒe se la me be, ‘Megblɔe be mawuwo mienye’ oa? 35Ne woyɔ mi be ‘mawuwo’ la, ame kawoe Mawu ƒe nya va na, eye womate ŋu da mawunya dzi o, 36eye ale ke woabu tso ame si ŋu Fofo la kɔ heɖoe ɖe xexeame? Ekema nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋunye be megblɔ busunya elabena megblɔ be ‘Nyee nye Mawu Vi’? 37Ne menye Mawu gbɔe nukunu siwo wɔm mele la tso o la, ekema migaxɔ dzinye se o. 38Ne mele nukunuwo wɔm eye miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nukunuawo ya dzi se ale be to esia me la miadze sii be Fofo la le menye eye nye hã mele eme.”

39Ameawo di be yewoagalée gake edo go eye wòdzo le wo gbɔ. 40Etso Yɔdan tɔsisi la yi egodo eye wòyi ɖanɔ afi si Yohanes nɔ tsi dem ta na amewo le tsã la. 41Ame geɖewo dze eyome va afi sia hã. Ameawo gblɔ na wo nɔewo be, “Yohanes mewɔ nukunuwo o gake nya siwo katã wògblɔ ɖi tso ŋutsu sia ŋu la va eme pɛpɛpɛ.” 42Yesu ƒe nuwɔnawo ɖo kpe edzi na ameawo be, eyae nye Mesia la vavã eye woxɔ edzi se.

Copyright information for EweBEE